Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mia dometɔa ɖe be, yeatsɔ lãfɔnee asa vɔ na Yehowa la, ekema netsɔ nyi alo alẽ sa vo lae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 1:2
13 Mawu Ofanana  

Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa.


ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.


Mide bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, mitso nunanawo va eŋku mee, eye miɖo atsyɔ̃ kɔkɔe ade ta agu na Yehowa!


Emegbe wosa gbesiagbe-numevɔ, dzinu yeye kple Yehowa ƒe ŋkekenyule kɔkɔewo katã kpakple emesiwo sa vɔ le wo ɖokui si la ƒe numevɔwo.


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,


ekema ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla gbɔ, eye woatsɔ luwɔ efa ewoliawo ɖeka awɔ vɔsanu akpe ɖe eŋu, makɔ ami ɖe edzi o, eye mada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o; elabena anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa kple nuɖuvɔsa, si ɖoa ŋku vodada dzi wònye.


nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ, numevɔsae;


ke miawo la miegblɔ be: Ne amea ɖe lagblɔ na fofoa alo dadaa bena: Nusi ke nate ŋu akpɔ tso gbɔnye la, nanye korban (esi gome enye nunana na Mawu),


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu:


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa