Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye woawui ɖe vɔsamlekpui la ƒe anyiehekpa dzi le Yehowa ŋku me. Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 1:11
12 Mawu Ofanana  

Eye Mose ku ʋu la ƒe afã ɖe ze me, eye wõhlẽ ʋu la ƒe afã ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


Eye wotsɔ kplɔ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, le nɔƒe la ƒe anyiehekpa dzi, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ,


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Vɔsamlekpui la ƒe ɖoɖowo nye esi: Ne wowɔe vɔ, be woasa numevɔ le edzi, eye woawu ʋu ɖe edzi la,


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, fa ko dzi ɖe anyiehe gome! Tete mefɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, ŋuʋaʋã ƒe legba sia le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le anyiehe gome.


Eye wòawu nyivi la le Yehowa ƒe ŋku me, eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la ŋu godoo ava kpe.


Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe tame, eye wòawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ɖe afisi wowua numevɔsa ɖo.


Woawu fɔɖivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, eye woatsɔ eƒe nu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye Mose wui, eye wotsa ʋu la hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa