Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Yohanes 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míe ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Yohanes 1:4
12 Mawu Ofanana  

Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Nufiame dzɔdzɔe nɔ eƒe nu me, eye womekpɔ alakpa le eƒe nuyiwo dzi o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple nyateƒe me, eye wòɖe ame geɖe-wo ɖa tso vodada me.


medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi.


Ke esime mekpe bena, womele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒe la nu o lã, megblɔ na Petro le wo katã ŋku me bena: Ne wò amesi nye Yudatɔ la, nènɔ agbe abe trɔ̃subɔla ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke wo nèzi trɔ̃subɔlawo dzi, bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene mahã?


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


elabena tsã la mienye viviti, ke azɔ la míezu kekeli le Aƒetɔ la me.


Ke mekpɔ dzidzɔ geɖe le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagakpɔ ŋusẽ yeye hesusu nusi nyo nam, nusi ŋuti miesusu hã, ke ɣeyiɣi la sesẽ na mi.


Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa