2 le nyateƒe, si nɔa mía me, eye wòanɔ anyi kpli mí ɖaa la ŋuti:
2 le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta:
Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me:
Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.
Ke nyanyuie la ta mewo wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.
Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,
Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.
esi medo ŋku xɔse alakpa manɔmee, si le mewò, si na mamãwo Loide kple dawò Eunike me gbã la dzi, eye menyae pete be, ele wò hã mewò.
Eyaŋuti nyemadzudzɔ ŋkuɖoɖo nusiawo dzi na mi akpɔ o, wònye mienyae, eye wona mieli ke ɖe nyateƒe, si li kpli mi la me hafi.
Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.
Fofowo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me, Ɖekakpuiwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena míesesẽ, eye Mawu ƒe nya la naa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.