Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Timoteo 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim.

Onani mutuwo Koperani




2 Timoteo 4:3
33 Mawu Ofanana  

Eye Eliya gblɔ na dukɔ la bena: Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kpɔtɔ, ke Baal ƒe nyagblɔɖilawo le ame alafa ene kple blaatɔ̃.


Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Nyemegblɔe na wò be, metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko oa?


Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Amesi wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔ matutu ɖa le nye agbalẽ me.


Egblɔ na wo be: Dzudzɔ enye si, mina dzudzɔ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye gbɔɖeme enye si! Ke wogbe toɖoɖo.


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔla, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o.


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.


Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.


Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyuie le mía ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wo na aʋatsonyagblɔɖilawo.


Ke nye la, le esi mele nyateƒe gblɔm ta la, miele dzinye xɔm le sesem o.


Ke Atenetɔwo katã kple amedzro, siwo le afima la, womekpɔa vovo na nu bubua ɖeke wɔwɔ o, negbe na nya yeye gbɔgblɔ alo esese ko.


Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o.


eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me,


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti


Lé nya, siwo le blibo, siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


alesi wogblɔ na mi bena: Le nuwuwu ɣeyiɣiawo me la fewuɖula, siwo zɔna le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzro vlowo nu la le vava ge.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa