Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 9:7
32 Mawu Ofanana  

Tete ŋutsuawo vɔ̃, le esi wokplɔ wo yi Yosef ƒe mee la ta, eye wogblɔ bena: Ga, si miekpɔ le míaƒe kotokuawo me le míaƒe vava gbãtɔ me, tae wokplɔ mi vɛ ɖo, bena woanye zi atsyɔ mía dzi, eye woalé mí kple míaƒe tedziwo awɔ kluviwoe.


Eɖo ŋu na wo bena: Miaƒe dzi nedze eme, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu kple mia fofo ƒe Mawu la tsɔ kesinɔnu ɖe miaƒe kotokuawo mele adza me. Miaƒe ga la su asinye. Tete wòkplɔ Simeon do go va wo gbɔ.


mede wò aƒetɔ ƒe aƒe asi na wò, eye metsɔ wò aƒetɔ srɔ̃wo ɖo wò akɔ nu; metso Israel kple Yuda ƒe aƒe la na wò, eye ne esia mesɔ gbɔ o la, mate ŋu atsɔ nu bubu akpee na wò le mɔ vovovowo dzi hafi.


Eye wòva zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia la; ke nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe ɖɔla ene, eyata wɔ nusi dze ŋuwò!


Elabena fofonye ƒemetɔwo katã menye naneke o, negbe kuviwo ko wonye na nye aƒetɔ fia; ke ètsɔ wò dɔla ɖo wò kplɔ ŋu mewo dome; azɔ nya ka gale asinye mava xa nu le eŋu na fia la?


Barsilai ku amegã ɖeɖi xɔ ƒe blanyi; eya kpɔ fia la dzi, esime wònɔ Maxanayim, elabena alɔme le esi ŋutɔ.


Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Eye Dawid bia bena: Ɖe amea ɖeke mekpɔtɔ ɖe Saul ƒe me, ne mave enu le Yonatan ta oa?


Eye mia kple viwòŋutsuwo kple wò dɔlawo miade agble, eye míaŋe nu nɛ, ne wò aƒetɔ ƒe vi nakpɔ nu aɖu; ke wò aƒetɔ ƒe vi Mefiboset aɖu nu le nye agba nu ɖaa. Eye ŋutsuvi wuiatɔ̃ kple dɔla blave le Ziba si.


Tete Ziba gblɔ na fia la bena: Alesi nye aƒetɔ fia de se na eƒe dɔla la, nenema pɛpɛpɛ wò dɔla awɔ! Eye Mefiboset ɖu nu le Dawid ƒe agba nu abe fiaviwo dometɔ ɖeka ene.


Ke Mefiboset nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia ƒe agba nu; eye eƒe atawo kple eve tu.


Fia la bia bena: Ɖe amea ɖeke megale Saul ƒe me, ne mave enu abe Mawu ene oa? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Yonatan viŋutsu ɖeka li, amesi ƒe ata tu.


Ke ve Gileadtɔ Barsilai ƒe viŋutsuwo nu, eye woanɔ wò kplɔ̃ ŋu amewo dome, elabena alea wowɔ nam, esime mesi le nɔviwò Absalom nu.


Ena wodo li eƒe gaxɔ me awuwo, eye wòdu nu le egbɔ ɣesiaɣi le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe edzi, emlɔ anyi, eye magafɔ akpɔ o!


Eɖɔ li eƒe gaxɔmewuwo, eye woɖu nu le egbɔ ɖaa le eƒe agbenɔɣi katã.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!


Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Ɖeko mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe nyateƒetɔe tso miaƒe dzi blibo me, elabena miekpɔ nu gã, si wòwɔ na mi!


Eye ne Yehowa tsrɔ̃ Dawid ƒe futɔwo dome ɖesiade ɖa le anyigba dzi la, megana wò lɔlɔ̃ la nu natsɔ le aƒenye me o tegbee!


Tsi gbɔnye, megavɔ̃ o, elabena amesi le nye ku dim la, eya aɖi wò hã wò ku; èkpɔ sitsoƒe le gbɔnye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa