Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mia kple viwòŋutsuwo kple wò dɔlawo miade agble, eye míaŋe nu nɛ, ne wò aƒetɔ ƒe vi nakpɔ nu aɖu; ke wò aƒetɔ ƒe vi Mefiboset aɖu nu le nye agba nu ɖaa. Eye ŋutsuvi wuiatɔ̃ kple dɔla blave le Ziba si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 9:10
10 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ be: Afika wò aƒetɔ ƒe vi la le? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Kpɔ ɖa, etsi Yerusalem, elabena egblɔ be: Azɔ la Israel ƒe aƒe la agagbugbɔ fofonye ƒe fiaɖuƒe la nam!


Eye Benyamin-ŋutsu akpe ɖeka kple dɔla Ziba, si le Saul ƒe me, kple via wuiatɔ̃awo kple eƒe dɔla blave wokpe ɖe eŋu, eye wotre Yordan nu vava na fia la.


Eye wòva zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia la; ke nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe ɖɔla ene, eyata wɔ nusi dze ŋuwò!


Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.


Ke ve Gileadtɔ Barsilai ƒe viŋutsuwo nu, eye woanɔ wò kplɔ̃ ŋu amewo dome, elabena alea wowɔ nam, esime mesi le nɔviwò Absalom nu.


Ena wodo li eƒe gaxɔ me awuwo, eye wòdu nu le egbɔ ɣesiaɣi le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Eye Babel-fia na eƒe nuɖuɖui ɖaa, alesi nu wòbiã gbesiagbe le eƒe agbenɔɣi katã, vaseɖe esime woku.


Eye esi kplɔ̃ ŋuti nɔlawo dometɔ ɖeka se nusiawo la, egblɔ bena: Woayra amesi aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa