Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Dawid bia bena: Ɖe amea ɖeke mekpɔtɔ ɖe Saul ƒe me, ne mave enu le Yonatan ta oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 9:1
15 Mawu Ofanana  

Tɔwo le veyem, nɔvinye Yonatan! Wò nu vivi nunye ŋutɔ, eye wò hlɔ̃ nam ƒo nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ ta!


Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.


Ke ve Gileadtɔ Barsilai ƒe viŋutsuwo nu, eye woanɔ wò kplɔ̃ ŋu amewo dome, elabena alea wowɔ nam, esime mesi le nɔviwò Absalom nu.


Megagblẽ xɔ̃wò kple fofowò xɔlɔ̃ ɖi o; gbesigbe hiã tu wò la, megade nɔviwò ƒe me o; aƒelika, si te ɖe ame ŋu, nyo wu ame nɔvi le adzɔge.


Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Elabena amesi ke ana tsi kplu ɖeka mi be, miano le nye ŋkɔ me, esi wònye Kristo tɔ míenye ŋuti la, vava mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yi le ŋutifafa me; nusi dzi mía ame eve míeka atam ɖo le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi bena, Yehowa nanɔ mía kple wò, nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome la, nanɔ anyi tegbee!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa