Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 8:6
26 Mawu Ofanana  

Esi fia, siwo katã nye Hadadezer teviwo, kpɔ bena, Israel-viwo si wo la, wowɔ ŋutifafa kple Israel, eye wosubɔ wo, eye Aramtɔwo de asi vovɔ̃ me azɔ na kpekpe ɖe Amon-viwo ŋu.


Dawid le mɔ̃ me le to dzi, eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlexem ɣemaɣi.


Miwɔe azɔ! Elabena Yehowa gblɔ le Dawid ŋu be: Nye dɔla Dawid ƒe asi dzi to ge mala ade nye dukɔ Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔwo katã si me.


Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si nèto, metsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, eye mede ŋkɔ gã ŋuwò abe ame ŋkɔŋu, siwo le anyigba dzi ƒe ŋkɔ ene.


Eye wòɖe amewo ɖo Edom, Edom blibo lae wòɖe amewo ɖoe, eye Edomtɔwo katã zu Dawid ƒe dɔlawo. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.


Eye Dawid xɔ sikakpoxɔnu, siwo le Hadadezer ŋu mewo si la, hetsɔ va Yerusalem.


Le Axab ƒe ku megbe la Moab dze aglã ɖe Israel ŋu.


Yerobeam ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ, eƒe kalẽwɔwɔwo kple aʋa, si wòwɔ kpakple alesi wògbugbɔ Damasko kple Xamat, siwo nye Yuda tɔ tsã, na Israel la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Eye Yehowa nɔ kplu, afisiafi, si wòyi la, edzea edzi nɛ Eye wòdze aglã ɖe Asur-fia ŋu, eye megasubɔe o.


Moab-fia Mesa enye lãnyila, eye wòdzɔa alẽvi akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu na Israel-fia.


eye wòɖe amewo ɖo Edom. Ale Edomtɔwo katã zu Dawid teviwo, eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu afisiafi, si wòyi.


Eɖe asrafowo ɖo Yuda-du sesẽwo katã me, eye wòɖe amewo ɖo Yuda-nyigba dzi kple Efrayim-du, siwo fofoa Asa xɔ la me.


Megblɔ na Yehowa be: Nye Mawu nenye, Yehowa; se nye kokoƒogbe.


nye tsileze enye Moab, mada nye atokota ɖe Edom dzi, eye matso aseye ɖe Filistitɔwo ŋu!


Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu, ke Yehowa si mee dziɖuɖu le.


Eye Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le Geba, eye Filistitɔwo see. Tete Saul na woku kpẽ le anyigba blibo la katã dzi, bena Hebritɔwo nasee.


Gbe ɖeka Saul vi Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi bena: Va míayi Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le go keme dzi la gbɔ! Gake megblɔe na fofoa o.


Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa