Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 8:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Zadok, Axitub vi, kple Aximelex, Abyatar vi, wonye nunɔlawo, eye Seraya nye agbalẽŋlɔla;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 8:17
21 Mawu Ofanana  

Eye kpɔ ɖa, Zadok hã kple Lewito, siwo katã le eŋu la, tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye wodro Mawu ƒe aɖaka la ɖi, vaseɖe esime ameha blibo la tso dua me va to eŋu yi vɔ; eye Abyatar hã yi


Eye Xusai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abyatar bena: Ale kple ala Axitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel-ame tsitsiwo enye si, eye ale kple ale meɖo aɖaŋu enye si.


Eye Dawid dɔ ame ɖo ɖe nunɔla Zadok kple Abyatar gblɔ bena: Miƒo nu kple Yuda-ame tsitsiwo bena: Nukaŋuti miebe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la ayi eƒe mee? Elabena Israel blibo la ƒe nya ɖo fia la gbɔ le enɔƒe.


Ke mekpe nye, wò dɔla, kple nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi, kpakple wò dɔla Salomo o.


Tete nunɔla Yehoyada tsɔ aɖakaa ɖe, eye wòŋɔ do ɖe nutuvia ŋu, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la xa le ɖusi me gome. Ne amea ɖe va Yehowa ƒe me la, ekema nunɔla, siwo le kpumu dzɔm la, tsɔ ga, siwo katã wotsɔ va Yehowa ƒe mee la, kɔna ɖe eme.


eye woyɔ fia la ɖa. Tete Elyakim, Xilkiya vi, amesi le aƒe la nu kple Sebna, agbalẽŋlɔla kpakple Yoax, Asaf vi, ha ƒe tsiami la, wodo yi wo gbɔ.


Zadok, ɖekakpui kalẽtɔ, kple fofoa ƒemetɔwo le amegã blave va eve.


Amesiwo tso Benyamin-viwo, siwo nye Saul nɔviwò dome la, wole ame akpe etɔ̃, elabena vaseɖe fifi la woƒe akpa gãtɔ gaku ɖe Saul ƒe aƒe la ŋu ko.


Eye Dawid na woyɔ Zadok kple Abyatar, siwo nye nunɔlawo, kple Lewi-viwo Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab,


eye wòɖo nunɔla Zadok kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo la, Yehowa ƒe nɔƒe la ŋgɔ le vɔsaƒe le Gibeon,


ne woasa numevɔ na Yehowa le numevɔsamlekpui la dzi ɖaa, ŋdi kple fiẽ, abe alesi woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe se la me na Israel ene;


Zadok, Axitub vi, kple Abimelex, Abyatar vi, wonye nunɔlawo, eye Sawsa enye agbalẽŋlɔla;


Merari viwo nye: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Lewi viwo ƒe ƒomeawo le wo fofowo nu.


Yokmeam kple eŋu lãnyiƒe, Bet-Xoron kple eŋu lãnyiƒe;


eya ƒe vi nye Elkana, eya ƒe vi nye Ebyasaf, eya ƒe vi nye Asir,


Azarya, Xilkiya vi, amesi nye Mesulam vi, amesi nye Zadok vi, amesi nye Merayot vi, amesi nye Axitub vi; eya nye amegã le Mawu ƒe aƒe la nu;


amesi nye Salum vi, amesi nye Zadok vi, amesi nye Axitub vi,


Eye Barux xlẽ Yeremya ƒe nyawo le agbalẽ la me de dukɔ blibo la ƒe towo me le agbalẽŋlɔla Gemarya, Safan vi ƒe xɔ me le xɔxɔnu dzigbeta le Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo yeyea nu.


Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, le esime Abyatar enye nunɔlagã, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mo le ŋuti nɛ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ko, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti la o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa