Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva me le nusiawo megbe bena, Dawid si Filistitɔwo, eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, eye Dawid xɔ du gã me dziɖuɖu le Filistitɔwo si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le esia megbe la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe du Meteg Ama xɔxɔ me.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 8:1
14 Mawu Ofanana  

Tete fia la tsi tre va bɔbɔ nɔ agbo nu. Eye wova gblɔe na aʋakɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, fia la bɔbɔna agbo nu! Eye aʋakɔ blibo la va fia la ŋku me; gake Israel dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye Yoab kple Abisai woti Abner yome, eye esi ɣe ɖo to la, wova Ama-togbɛ, si le Giax kasa le Gibeon-gbegbe-mɔ dzi la gbɔ.


Eɖem tso nye dukɔ ƒe dzrewɔwɔwo me, èdzram ɖo hetsɔm ɖo dukɔwo ƒe lae, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.


Tete Filistitowo se bena, wosi ami na Dawid heɖo fiae ɖe Israel dzi, eye Filistitɔwo katã ho, bena woadi Dawid. Eye esi Dawid see la, eyi mɔ̃ la me.


Eye Dawid wɔ, abe alesi Yehowa de se nɛ ene, eye wòsi Filistitɔwo tso Geba vaseɖe Gezer.


Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si nèto, metsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, eye mede ŋkɔ gã ŋuwò abe ame ŋkɔŋu, siwo le anyigba dzi ƒe ŋkɔ ene.


Mem wo gudugudu abe ʋuʋudedi le ya nu ene, eye metsɔ wo ƒu gbe abe ablɔ me gbeɖuɖɔ ene.


le esime wòwɔ aʋa kple Aramtɔwo le Mesopotamia kple Aramtɔwo le Zoba, eye Yoab trɔ hewu Edomtɔ akpe wuieve le dzeʋe la me.


Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔeƒe la be: Makpɔ dzidzɔ, mamã Sixem, eye madzidze Sukot-hali me la.


amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo,


wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo.


Wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi, eye tso ekema dzi womegava Israel-nyigba dzi. Kpɔ o, eye Yehowa ƒe asi nɔ Filistitɔwo dzi le Samuel ƒe agbe me ŋkekewo katã me


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa