Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si nèto, metsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, eye mede ŋkɔ gã ŋuwò abe ame ŋkɔŋu, siwo le anyigba dzi ƒe ŋkɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:9
23 Mawu Ofanana  

Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Tete Dawid gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le gbesigbe Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã kple Saul si me,


Elabena dziwò metona nyaa avuzi le amehawo dzi, eye nye Mawu dzi metona tia kpo flɔ gli.


Metu wo abe anyigba ʋuʋudedi ene, eye metu afɔ wodzi hefanya wo abe kpɔdomeeba ene.


Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:


Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Eye Dawid ƒe ŋkɔ nyɔ. Esi wògbɔ tso Aramtɔwo siƒe la, ewu Edomtɔ akpe wuienyi le dzeʋe la mea.


Eye wòɖe amewo ɖo Edom, Edom blibo lae wòɖe amewo ɖoe, eye Edomtɔwo katã zu Dawid ƒe dɔlawo. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si neyi, eye metsrɔ̃ wò tutɔwo katã da le ŋgɔwò; eye mede ŋkɔ ŋuwò abe amegã, siwo le anyigba dzi la ƒe ŋkɔwo ene.


Wò xɔname na eƒe ŋkɔxɔxɔ ɖe dzi; bubu kple atsyɔ̃ nètsɔ ɖe eŋu.


Futɔ maxaxae ɖo o, eye eme vlo matee ɖe anyi o.


Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame bɔbɔɖanyiwo ɖe dzi.


Eye Yehowa nɔ kple Yosua, ale be eƒe ŋkɔ kaka ɖe anyigba la katã dzi.


Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.


Eye wòva me, ne Filistitɔwo ƒe amegãwo ho, eye zi geɖe alesi woho la, edzea dzi na Dawid wu Saul ƒe dɔlawo katã, eye eƒe ŋkɔ de du ŋutɔ.


Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.


Ale Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo kple eƒe adekplɔvi la kpakple eƒe amewo katã ku gbe ɖeka enye si.


Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa