Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Azɔ ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Gbe, si Yehowa Zebaot do enye si: Mekplɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel nu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:8
17 Mawu Ofanana  

Tete Natan gblɔ na Dawid bena: Wòe nye ŋutsu la! Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Israel nu, eye meɖe wò tso Saul si me;


Nyɔnu la gblɔ bena: Nukaŋuti nèle esia bum ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu? Esi fia la gblɔ nya sia, gake fia la mena wokplɔ eƒe amesi wonyã la gbɔe o la, eyata ele abe ame ɖifɔ ene.


Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:


Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!


Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Tete Dawid gblɔ na Mixal bena: Yehowa, amesi ŋu nye nu nyo wu fofowò kple eƒe aƒe blibo la, eye wòtsɔm ɖo amegã ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu la, ŋku mee meɖu ɣe le!


Salomo ɖo ŋu bena: Eve wò dɔla, fofonye Dawid nu ŋutɔ, elabena ezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye kpakple dzi dzadzɛ me, eye nèdzra amenuveve gã sia ɖo nɛ, be nèna viŋutsu, amesi le eƒe fiazikpui la dzi, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Tso gbesigbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemena dua ɖeke le Israel-toawo katã me, be woatu xɔ nam ɖe afima, ne nye ŋkɔ nanɔ eme o; ke metia Dawid, ne wòano nye dukɔ Israel nu.


Eyata ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mekplɔ wo tso alẽwo yome le lãnyiƒe, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel dzi.


Tete Dawid gblɔ na Mawu bena: Alo menye nyee de se be, woaxlẽ dukɔ la oa, eye menye nyee da vo hewɔ nuvɔ̃ gã sia oa? Ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Yehowa, nye Mawu, wò asi neva mía kple fofonye ƒe aƒe dzi, ke megava dukɔ sia dzi, ne wòawu wo o!


Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam bena: Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu.


amesi kpɔ amenuveve le Mawu ƒe ŋku me, eye wòɖe kuku bena, yeakpɔ nɔƒea ɖe na Yakob ƒe Mawu la.


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.


Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa