Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ŋkeke alesi menɔ Israel-viwo katã dome tsã la, ɖe megblɔ na Israel ƒe toawo dometɔa ɖe, si meɖo be, wòanyi nye dukɔ Israel la bena: Nukaŋuti mietu sedertixɔ nam oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:7
19 Mawu Ofanana  

Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu.


Afisiafi, si menɔ Israel blibo la dome to la, de megblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo medo, be woanyi nye dukɔ la dometɔa ɖe kpɔ be, nukaŋuti mietu sedertixɔa ɖeke nam oa?


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Eye maɖo lãkplɔviwo wo nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔa ɖeke mabu o, Yehowa ye gblɔe.“


eye mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi.


Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, eye mana woatsyɔ akɔ anyi ɖi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa?


Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo.


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.


Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi.


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa