Tso gbesigbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemena dua ɖeke le Israel-toawo katã me, be woatu xɔ nam ɖe afima, ne nye ŋkɔ nanɔ eme o; ke metia Dawid, ne wòano nye dukɔ Israel nu.
Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.