Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Elabena wò Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔe ɖe wò dɔla ƒe to me bena: matu xɔ na wò; eyata dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 “Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:27
10 Mawu Ofanana  

tso gbesigbe meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ Israel nu la o. Mana gbɔdzɔe wò tso wò futɔwo katã si me, eye Yehowa le gbɔgblɔm na wò be: Yehowa le xa tu ge na wò!


Eya natu xɔ na nye ŋkɔ, eye maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui te dzi ɖaa.


Nenye be, nèɖo to se, siwo katã mede na wò, eye nèzɔ nye mɔ dzi hewɔ nusi nyo te ŋkunye me, be nèle nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, abe alesi nye dɔla Dawid wɔ ene la, ekema manɔ kpli wò, eye maɖo wò aƒe ɖe dzi, abe alesi mewɔe na Dawid ene, eye matsɔ Israel na wò.


Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,


Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbe ƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.


Esi vixelawo vɔ̃ Mawu ŋuti la, eyata wòna vi geɖe wo.


Eyata meɖo be, maka eta na wò bena: Xɔe ƒle le nyaselawo kple nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo ŋku me! Ne èbe, yeaxɔe la, xɔe; ke ne èbe, yemaxɔe o la, gblɔe nam, ne mase! Elabena srɔ̃ɖia bubua ɖeke megali kpe ɖe ŋuwò o, negbe nye koe gale yowòme. Eɖo ŋu bena: Maxɔe!


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Ke Yehowa de gbe to me na Samuel ŋkeke ɖeka va yi, hafi Saul nava ɖo, gblɔ bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa