Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eyata, Yehowa Mawu, nɔ nya, si nègblɔ ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la dzi tegbee, eye nawɔ, abe alesi nègblɔ ene!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 “Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene,

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:25
11 Mawu Ofanana  

Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòaɖe zi dadawo kple viwo dome.


Eye nèɖo wò dukɔ Israel tè dzi, be wòanye wò dukɔ tegbee, eye wò Yehowa nèzu eƒe Mawu.


Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee, eye woagblɔ be: Yehowa Zebaot enye Mawu ɖe Israel nu, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe nali ke le ŋkuwò me!


ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe ŋunye la, nava me be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ anukwaretɔe le ŋkunye me kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.


Eyata, Israel ƒe Mawu, taflatse wo nya, si negblɔ na wò dɔla fofonye Dawid la dzi.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu, nɔ nya, si nègblɔ na wò dɔla Dawid la dzi.


Wɔ wò ŋugbe, si nèdo na amesiwo vɔ̃a wò la, dzi na wò dɔla.


Wɔ wò nya dzi na wò dɔla, le esi nèna mele mɔ kpɔm ta.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Wɔ alesi dze ŋuwò, tsi anyi, vaseɖe esime naɖee le no nu! Yehowa nena wò nya nava me ko! Ale nyɔnu la tsi aƒe, eye wòna no via, vaseɖe esime woɖee le no nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa