Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye nèɖo wò dukɔ Israel tè dzi, be wòanye wò dukɔ tegbee, eye wò Yehowa nèzu eƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:24
20 Mawu Ofanana  

Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa?


Eyata, Yehowa Mawu, nɔ nya, si nègblɔ ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la dzi tegbee, eye nawɔ, abe alesi nègblɔ ene!


Etsɔ wò dukɔ Israel wɔ dukɔe na ɖokuiwò tegbee, eye wò, Yehowa, nèzu woƒe Mawu!


Milé ŋku de eƒe agbogbowo ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!


Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Yehowa be: Le ɣemaɣi la manye Mawu na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woawo anye dukɔ nam.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena,


Eye Yehowa ka de dzi na wò egbea bena, anye eya ŋuta ƒe dukɔ, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, eye nalé eƒe sewo katã me de asi,


Eye Mose kple nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo la, gblɔ na Israel blibo la bena: Israel, ɖo to nasee! Egbe nètrɔ zu Yehowa, wò Mawu ƒe dukɔ;


Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.


mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa