Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:23
36 Mawu Ofanana  

Eye nèɖo wò dukɔ Israel tè dzi, be wòanye wò dukɔ tegbee, eye wò Yehowa nèzu eƒe Mawu.


Dukɔ ka de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe yi, be yeaɖee awɔ dukɔ na eɖokui, ne yeawɔ nu gã dziŋɔwo ahade ŋkɔ eɖokui ŋu, abe alesi nènyã dukɔwo le wò dukɔ, si neɖe tso Egipte la ŋgɔ ene?


Wò ŋutɔ wò dɔlawo wonye kple wò dukɔ, si nède kple wò ŋusẽ ga kpakple wò alɔ sesẽ.


amesi wɔ nukunuwo le Xam-nyigba dzi kple nu dziŋɔwo le Avaƒu la nu.


Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu.


Wò nuwɔwɔ dziŋɔwo ƒe ŋusẽ ŋu woaƒo nu le; maxlẽ nya afia le wò nutsuwɔwɔwo ŋu.


Emewɔ alea na dukɔa ɖeke o, eye womenya eƒe kɔnuwo o. Mikafu Yehowa!


Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.


Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!


Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Elabena mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ agblẽ wò ŋutɔ kple wò dukɔ, ale be natsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi,


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


wò amesi wɔ dzesiwo kple nukunuwo le Egipte-nyigba dzi ɖe Israel kple amegbetɔwo siaa nu vaseɖe egbe, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene,


etso dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple ŋɔdzi gã kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi,


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ la, ne magaɖo gui le dukɔ, siwo dome wole la ŋku me o, amesiwo ŋku me meɖe ɖokuinye fia wo le, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi.


Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israel-viwo ŋu, eye mayra wo.


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Eya nye wò kafukafu kple wò Mawu, si wo nu gã dziŋɔwo, esiwo nèkpɔ kple ŋku la na wò.


Ɖo ŋku edzi bena, wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle, eyata mede se sia na wò agbea ɖo.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Eye medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, megagblẽ wò dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ la o, dukɔ, si neɖe kple wò ŋusẽ gã, eye nètsɔ wò asi sesẽ kplɔe tso Egipte.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Eye ne Kanaanitɔwo kple anyigbadzitɔwo katã see la, ekema woava kpe ta ɖe mía ŋu, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi; emegbe ɖe, aleke nawɔ ɖe wò ŋkɔ gã la ta?


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa