Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 fia la gblɔ na nyagblɔɖila Natan bena: Kpɔ ɖa, nyea mele sedertixɔ me, ke Mawu ƒe aɖaka la le kuntruwo te.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:2
24 Mawu Ofanana  

Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi!


Tete Yehowa dɔ Natan ɖo ɖe Dawid, eye wòva egbɔ gblɔ nɛ bena: Ŋutsu eve wole du ɖeka me, ɖeka kpɔ ho, ke ɖeka ɖo ko.


Eye Tiro-fia Xiram ɖo amewo kple sedertiwo ɖe Dawid hekpe ɖe atikpalawo kple kpefulawo ŋu, ne woatu xɔ na Dawid.


Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ, si Dawid tu nɛ la me, eye Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ le Yehowa ŋku me.


Eye Natan ƒo nu kple Dawid ɖe nya siawo katã kple ŋutega sia nu pɛpɛpɛ.


Eye kpɔ ɖa, esi wògale nu ƒom kple fiaa la, nyagblɔɖila Natan va.


Ke nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi, nyagblɔɖila Natan. Simei kple Rei kpakple Dawid ƒe kalẽtɔwo mele Adoniya ƒe nya me o.


Azarya, Natan vi, le dɔdzikpɔlawo nu, eye Zabud, Natan vi, nye nunɔla kple fia xɔlɔ̃,


Eye fofonye Dawid ɖoe ɖe ta me be, yeatu xɔ na Yehowa, Israel Mawu la ƒe ŋkɔ.


Tete Tiro-fia Xiram ɖo amewo, sedertiwo, gliɖolawo kple atikpalawo ɖe Dawid, ne woatu xɔ nɛ.


Eye wotso Mawu ƒe aɖaka la va dro ɖe agbadɔ, si Dawid tu nɛ la titina, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋku me.


Eye Dawid gblɔ na Salomo bena: Vinye, meɖo ɖe ta me be, matu xa na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ,


Fia Dawid ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔla Samuel ŋutinyawo, nyagblɔɖila Natan ŋutinyawo kple nukpɔla Gad ŋutinyawo me


Ke Dawid ɖatsɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim va teƒe, si wòwɔ nɛ lã, elabena ewo agbadɔ nɛ ɖe Yerusalem.


Eɖo Lewi-viwo Yehowa ƒe aƒe la me, eye wòlé gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ɖe asi le Dawid kple fia ƒe nukpɔla Gad kpakple nyagblɔɖila Natan ƒe sedede nu, elabena Yehowa ye de se la to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.


Salomo ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Natan ŋutinya kple Silotɔ Axiya ƒe nyagblɔɖiwo kpakple nukpɔla Yedo ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe Yerobeam, Nebat vi ŋu la me.


eya, amesi ka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la be:


vaseɖe esime makpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.


Eye wokɔ aɖa ka la da ɖe nɔƒe la, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la xe nubablaɖaka la ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia?


Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“


amesi kpɔ amenuveve le Mawu ƒe ŋku me, eye wòɖe kuku bena, yeakpɔ nɔƒea ɖe na Yakob ƒe Mawu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa