Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:16
29 Mawu Ofanana  

Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Eɖe xɔxɔ gã fia eƒe fia, eye wòve Dawid, eƒe amesiamina la, kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.


Eya natu xɔ na nye ŋkɔ, eye maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui te dzi ɖaa.


Eye Natan ƒo nu kple Dawid ɖe nya siawo katã kple ŋutega sia nu pɛpɛpɛ.


ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe ŋunye la, nava me be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ anukwaretɔe le ŋkunye me kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.


ekema mana wò fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel dzi tegbee, abe alesi megblɔ na fofowò Dawid ene bena: Wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.


Makpɔ du sia ta, eye maɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta.


Ke Yehowa mebe, yeagblẽ Yuda o, le eƒe dɔla Dawid ta, abe alesi wògblɔ nɛ be, yeana akaɖia ɖe eya kple viawo ɖaa ene.


Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, lé nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi, esi nègblɔ be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le nye sewo nu, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpui dzi la nu matso o.


Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eye wònana wobɔbɔ nɔa fiawo gbɔ le fiazikpuiwo dzi ɖaa, ne woatsi kɔkɔƒe.


Wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo ƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me, dukɔwo dze anyi ɖe tewò.


Ekema woavɔ̃ wò, ŋkeke alesi ɣe kple ɣleti li, tso dzidzime yi dzidzime.


„Mebia nu kple nye ame tiatia, eye meke atam na nye dɔla Dawid be:


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


ekema fiawo kple amegãwo, amesiwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi la, aɖo tasiaɖamwo, eye woaɖo sewo age ɖe du sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe amegãwo. Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa, eye woanɔ du sia me tegbee.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dawid ƒe amesi abɔbɔ nɔ Israel ƒe fiazikpui dzi la, mave gbeɖe o;


Woanɔ anyigba, si dzi wo fofowo no, eye metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi, woawo kple wo viwo kpakple wo viwo ƒe viwo ana edzi tegbee, eye nye dɔla Dawid anye amegã ɖe wò nu tegbee.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?


ke egblɔ le Via ŋuti bena: „Mawu, wò fiazikpui nɔa anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, fiatikplɔ dzɔdzɔe enye wò fiaɖuɖu ƒe fiatikplɔ.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa