Eyata meta Yehowa ƒe agbe, amesi li kem, eye wona mebɔbɔ no fofonye Dawid ƒo fiazikpui dzi, eye wòtso aƒe nam, abe alesi wògblɔ ene la be: Adoniya aku egbea!
ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe ŋunye la, nava me be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ anukwaretɔe le ŋkunye me kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.
Etu xɔ sia nam; ne èzɔ le nye ɖoɖowo nu, ewo nye kɔnuwo dzi, eye nèlé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya, si megblɔ na fofowò Dawid la, dzi na wò.
Eye wòtsɔ Asera ƒe legba, si wòwɔ la, ɖo aƒe la me, aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le na Dawid kple via Salomo be: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo aƒe sia me kple Yerusalem, si metia le Israel-toawo katã me la tegbee.
Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, lé nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi, esi nègblɔ be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le nye sewo nu, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpui dzi la nu matso o.
Ale Yehowa gblɔ esi: Mase wò gbe le amenuveɣi, eye maxɔ na wò te xɔnamegbe, makpɔ tawo, eye matsɔ wò aɖo nubabla na dukɔ la, ne naɖo anyigba la te, eye namã domenyinu, si zu gbegbe la;
ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.
Woanɔ anyigba, si dzi wo fofowo no, eye metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi, woawo kple wo viwo kpakple wo viwo ƒe viwo ana edzi tegbee, eye nye dɔla Dawid anye amegã ɖe wò nu tegbee.
Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.
eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.