Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:5
17 Mawu Ofanana  

Azɔ miyɔ kasaŋkuƒolaa ɖe ɖem! Esime kasaŋkuƒola le saŋkua ƒom la, tete Yehowa ƒe asi va edzi,


Tete Dawid kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋku me kple ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku kple kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu.


Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii.


Eye wogbɔ va Yerusalem hetsɔ saŋkuwo, kasaŋkuwo kple kpẽwo yi Yehowa ƒe aƒe la me.


Etia míaƒe domenyinu na mí, si nye Yakob, amesi wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu. Sela.


Wò fia, ède se bena, ne amesiame se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo kple venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, wòadze klo ado gbe ɖa na sikalegba la;


Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?


Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la!


Eyata esi dukɔwo katã, anyigbɔ dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nya se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, wo katã wodze klo hedo gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la.


Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo le to me vem nam!


mi amesiwo nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu, eye mienɔa hã kpam abe Dawid ene;


Emegbe ava Mawu ƒe Gibea, afisi Filistitɔwo ɖo dzɔlawoe. Eye avɔ me be, ne èɖo dua me afima la, akpe nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe, siwo tso to dzi, eye saŋku, axatsɛ, dze kple kasaŋku le ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo le nya gblɔm ɖi.


Mía aƒetɔ ɖi nyaa ɖe gblɔ, wò dɔlawo nye si le ŋkuwò me, ne woaɖadi ŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo, eye ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò la, woatsɔ eƒe asi aƒo saŋkui, ne wòaka ɖe me na wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa