23 Ke Saul vinyɔnu Mixal tsi ko vaseɖe eƒe kugbe.
23 Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
Ne meɖi gbɔ, eye medo yakame ɖokuinye ʋuu hã la, ɖe mebe, made bubu ɖokuinye ŋu le dɔlanyɔnu, siwo ŋu nèƒo nu le la ŋku me.
Eye wòva me, esime fia la le eƒe me, eye Yehowa na gbɔdzɔe tso eƒe futɔwo katã si me godoo va kpe la,
Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!
Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka gbemagbe agblɔ bena: Míaɖu mía ŋutɔwo ƒe abolo, eye míata mía ŋutɔwo ƒe avɔ; na woayɔ wò ŋkɔ de mía ŋu ko; ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.
Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzo abe xevi ene, vidzidzi kple fulɔfɔa ɖeke manɔ anyi o.
eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.
Elabena ale Aƒetɔ la wɔ nam le ŋkeke, siwo me wòkpɔm ɖa, be wòaɖe nye ŋukpe ɖa le amewo dome.
Eye Samuel megakpɔ Saul kpɔ o vaseɖe eƒe kugbe; elabena Samuel xa nu le Saul ŋu, eye wòve Yehowa be, wòɖo fia Saul ɖe Israel nu.