Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:20
23 Mawu Ofanana  

Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Dawid ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋku me, eye Dawid do aklala-kɔmewu.


Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.


Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ me.


Eye Dawid ma abolo bɔbɔ, lãkɔ kple weintsetse ƒuƒu abolo ɖekaɖeka na dukɔ la katã, si nye Israel ƒe ameha blibo la dome amesiame, eye dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔ nu.


Esi dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔnu la, Dawid trɔ, be yeaɖado gbe na eƒemetɔwo.


Bometsilawo kple ame ɖigbɔwo ƒe viwo wonye, amesiwo wotsɔ atam nya ɖa le anyigba dzi.


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha.


Megawu nu vɔ̃ɖi wòagbɔ eme o, eye meganye bometsila o; nukaŋuti nẽbe, yeaku, hafi azã nava de?


Eye esi Petro le mɔ̃ la me le anyigba la, nunɔlagã la ƒe nyɔnudɔlawo dometɔ ɖeka gbɔna,


Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!


Azɔ wòva ɖo Simon Petro gbɔ. Eya gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ ŋuti nam mahã?


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Woɖe klosalo blaadre nɛ tso Baal-Berit ƒe gbedoxɔ me, eye Abimelex tsɔe da yakamewo kple ame vlowo wodze eyome.


Saul viŋutsuwo nye: Yonatan, Yiswi kple Malkisua, eye vianyɔnu eveawo ƒe ŋkɔwo nye; xoxoetɔ ŋkɔ nye Merab, eye ɖevitɔ ŋkɔ nye Mixal.


Gake Saul ƒe vinyɔnu Mixal lɔ̃ Dawid ƒe nya; esi wova gblɔe na Saul la, ma la dze eŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa