Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra dukɔ la le Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:18
16 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Eye Dawid ma abolo bɔbɔ, lãkɔ kple weintsetse ƒuƒu abolo ɖekaɖeka na dukɔ la katã, si nye Israel ƒe ameha blibo la dome amesiame, eye dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔ nu.


Eye fia la trɔ ko heyra Israel-ameha blibo la, eye Israel-ameha blibo la to ɖe tsitre.


Eye wògblɔ bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi tsa eƒe nu gblɔ nya na fofonye Dawid, eye wotsa eƒe asi wo edzi hegblɔ bena:


Eye wote yi ŋgɔ heyra Israel ƒe ameha blibo la kple gbe sesĩ gblɔ bena:


Esi Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ vo la, eyra dukɔ la le Yehowa ƒe ŋkɔ me,


Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.


Esi Xizkiya kple amegãwo kpo nu ƒoƒuawola, wokafu Yehowa kple eƒe dukɔ Israel.


Tete fia la trɔ kɔ heyra Israel ƒe ameha blibo la, esime wole tsitrenu.


Eye amesiwo tso eme va yina la, magblɔ be: „Yehowa ƒe yayra nenɔ mía dzi, míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me“ o.


Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.


Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.


Tete Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodze mo yi woƒe agbadɔwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa