Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:12
16 Mawu Ofanana  

Ke Dawid xa Zion-mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du.


Ɣemaɣi la Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo kple toawo ƒe tatɔwo katã kpakple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu de fia Salomo gbɔ le Yerusalem, bena woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe ɖu, si nye Zion la me vɛ.


Eye Israel-ame tsitsiwo katã kple nusiawo ɖatsɔ aɖaka la.


Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple Mawu ƒe agbadɔ la kpakple nu kɔkɔe, siwo katã le agbadɔ la me vɛ; nunɔlawo kple Lewitɔwo tsɔ wo vɛ.


Eye Lewi-viwo tsɔ kpoawo kɔ Mawu ƒe aɖaka la ɖe woƒe abɔta, abe alesi Mose de se le Yehowa ƒe nya nu ene.


Tete Dawid kple Israel-ame tsitsiwo kpakple ame akpewo ƒe tatɔwo woyi, be woaɖakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple dzidzɔ tso Obed-Edom ƒe me.


nusi wòbla kple Abraham kple atam, si wòka na Isak,


Obed-Edom viwo nye: Semaya, si nye ŋgɔgbea, evelia nye Yozabad, etɔ̃lia nye Yoax, enelia nye Saxar, atɔ̃lia nye Netaneel,


adelia nye Amiel, adrelia nye Isaxar, eye enyilia nye Peultai: elabena Mawu yrae.


Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.


Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa