Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Dawid melɔ̃ be, woatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava ye gbɔe le Dawid ƒe ɖu la me o; eye Dawid na be, woaɖadroe ɖe Gattɔ Obed-Edom ƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:10
11 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ na Gatitɔ Itai bena: Nukaŋuti wò hã nèbe, yeayi kpli mí? Trɔ, yi ɖanɔ fia la gbɔ; elabena du bubu me tɔ nènye, eyata gbugbɔ yi nɔwòƒe!


Eye Dawid tsɔ aʋakɔ ta ƒe etɔ̃liawo ɖeka de Yoab si, etsɔ etɔ̃liawo ɖeka de Zeruya vi Abisai, si nye Yoab nɔvi la si, eye wòtsɔ etɔ̃liawo ɖeka ɖe Gititɔ Itai si. Eye fia la gblɔ na aʋakɔ la bena: Nye hã mayi kpli mi.


ke Beerottɔwo si yi Gitaim, eye wonye amedzrowo le afima vaseɖe egbe.


Ke Dawid xa Zion-mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du.


Eye Dawid va na mɔ̃ la me hena ŋkɔe be Dawid ƒe du; eye Dawid ɖo gli ƒo xlãe va kpe tso Milo to anyigba gome.


eye wo nɔvi, siwo le ɖoɖo evelia me, kpe ɖe wo ŋu: Zaxarya, Yaaziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Malitya, Elitelehu, Mikneya, Obed-Edom kple Yeiel, amesiawo nye agbonudzɔlawo.


Sebanya, Yosafat, Netaneel, Amasai, Zaxarya, Benaya kple Eliezer wonye nunɔlawo, amesiwo kua kpẽ le Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye Obed-Edom kple Yexiya wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ.


kple woƒe hadzinuwo, siwo nye saŋkuwo kple kasaŋkuwo; woawo nye Asaf, si nye tatɔ, eyometɔ nye Zaxarya, Yeiel, Semiramot Yexiel, Matitya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel. Asaf ƒoa gakogoe sesĩe,


Yehud, Bene-Berak, Gal-Rimon,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa