1 Eye Dawid gaƒo Israel ƒe ame tiatiawo katã nu ƒu, wole ame akpe blaetɔ̃.
1 David gaƒo ƒu ame tiatia akpe blaetɔ̃ tso Israel dukɔ blibo la me.
Nyemele naneke dim o, negbe nusi ɖekakpuiawo ɖu, kple ŋutsu, siwo yi kplim, Aner, Eskol kple Mamre ƒe gome la ko woawo naxɔ wo tɔ gome.
Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.
Ɣemaɣi la Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo kple toawo ƒe tatɔwo katã kpakple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu de fia Salomo gbɔ le Yerusalem, bena woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe ɖu, si nye Zion la me vɛ.
Eye Dawid yɔ Israel blibo la tso Egiptetɔwo ƒe Sixor vaseɖe Xamat, ne woaɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim vɛ.