Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.
Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.
Esi fiaɖuƒe la li ke ɖe Salomo si me la, Salomo do ƒome kple Egipte-fia Farao, eye wòɖe Farao ƒe vinyɔnu hekplɔ va Dawid ƒe du la me, hafi wòva wu eƒe xɔ kple Yehowa ƒe xɔ kpakple gliɖoɖo ɖe Yerusalem ŋu godoo nu.
Ɣemaɣi la Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo kple toawo ƒe tatɔwo katã kpakple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu de fia Salomo gbɔ le Yerusalem, bena woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe ɖu, si nye Zion la me vɛ.
Ɣemaɣi Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã kple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu ɖe Yerusalem, ne wòaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe du, si nye Zion la me vɛ.
Salum, Kol-Xoze vi, amesi nye amegã le Mizpa-nutowo me la, ɖɔ vudogbo la ɖo; ewu enu, eye wògbã eta me hede agbo kple ʋɔtru ŋugawo kpakple ʋɔmedetiwo enu; edo Selax-ta la ƒe gli, si le fia ƒe abɔ ŋu vaseɖe atrakpui, si ɖiɖi de Dawid ƒe dua me la gbɔ.