21 Ke wogblẽ woƒe legbawo ɖe afima, eye Dawid kple eƒe amewo fɔ wo.
21 Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi eye David kple eƒe amewo fɔ wo.
eye wotsɔ woƒe mawuwo ɖe dzo me, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwoe, ati kple kpe wonye, eyata wotsrɔ̃ wo ɖo.
Mado dzo ɖe Egipte-mawuwo ƒe me, eye wòatɔ dzo wo ahaɖe aboyo wo, ado Egipte-nyigba, abe alesi lãkplɔvi ɖoa awu ʋlayae ene, eye wòadzo le ŋutifafa me.
Esi nèle dzi ɖom ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋu la, eyata woaxɔ wò hã, eye Kamos ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.
Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple anyiehefia ƒea ɖewo.
Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la.
Ke boŋ ale miawɔ wo enye si; Mimũ woƒe vɔsamlekpuiwo, eye migbã woƒe legbawo, milé woƒe Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo.