Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 5:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 5:19
12 Mawu Ofanana  

Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Tete Dawid bia nu Yehowa, eye wòɖo ŋu nɛ be: Megaho yi o, ke boŋ to wo megbe, ne nava tu wo le klẽtiawo kasa!


Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖilawo nu ƒu, wole ame alafa ene, eye wògblɔ na wo bena: Maho yi aʋa le Ramot le Gilead loo, alo matasia? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Aƒetɔ la atsɔe ade asi na fia la.


Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.


Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne Aƒetɔ lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawo esi kple esi.


eye Aron vi Eleazar ƒe vi Pinexas subɔ le eŋku me ɣemaɣi. — Ɖe míagaho aʋa ɖe mia nɔvi Benyamin-viwo ŋu loo, alo míatasia? Tete Yehowa gblɔ bena: Miyi, elabena matsɔ wo aɖe asi na mi etsɔ!


Egbee mede asi nubiabia me Mawu nɛa? Esia nede megbe xaa tso gbɔnye! Fia megada nya ɖe eƒe dɔla kple fofonye ƒe aƒe blibo la dzi o, elabena wò dɔla mese nya suetɔ alo geɖe le nusiawo katã ŋu o.


Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.


Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò!


Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa