Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wotsɔ Is-Boset ƒe ta vɛ na Dawid le Xebron gblɔ na fia la bena: Kpɔ ɖa, wò futɔ Saul vi Is-Boset, amesi le wò ku dim la, ƒe ta enye si; ale Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na nye aƒetɔ fia egbe sia!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 4:8
18 Mawu Ofanana  

Eye Zadok vi Aximaaz gblɔ bena: Maƒu du ahe du ayi na fia la bena, Yehowa tso afia nɛ le eƒe futɔwo si me.


Eye kpɔ ɖa, Kusitɔ la va, eye Kusitɔ la gblɔ bena: Mehe gbe nyui vɛ na nye aƒetɔ fía, elabena Yehowa tso afia na wò tso amesiwo katã tsi tre ɖe ŋuwò la si me egbe


Ke Saul ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kplɔ Saul vi Is-Boset yi Maxanayim,


Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wòtsɔ dukɔwo ɖe tenye.


Nye aɖe hã aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu daa; elabena ŋukpe le amesiwo di nye dzɔgbevɔ̃e la, eye woƒe mo tsi dã.


gblɔ bena: Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Eye Saul da akplɔ la, be yeatɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu; ke Dawid de axa zi eve.


Eye Saul gblɔ na via Yonatan kple eƒe dɔlawo katã bena, woawu Dawid; ke Dawid ƒe nu lé dzi na Saul vi Yonatan.


Eye Saul dɔ amewo ɖo ɖa, ne woaɖakpɔ Dawid ɖa gblɔ bena: Miyi ɖakɔ eya kple abati la vɛ nam, ne mawui!


Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim?


Eye Dawid kpɔ bena, Saul ho be, yeadi eƒe ku. Ke Dawid le ave me le Sif-gbedzi.


Eye wova alẽkpɔwo gbɔ le mɔ to, afisi agadoa ɖe le, eye Saul yi ɖe eme, be yeade afɔdzi; ke Dawid kple eƒe amewo le agado la ƒe agɔ me gbɔ.


Ne amea ɖe tso ti yowòme, eye wòle wò ku dim la, ekema woabia wò agbe ɖe agbagbeawo ƒe nu me ɖe Yehowa, wò Mawu gbɔ; ke woatsɔ wò futɔwo ƒe agbe ade akafo me aɖa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa