Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ŋutsuvia ɖe le Saul vi Yonatan si, amesi ƒe ata tu. Exɔ ƒe atɔ̃, esime du tso Yezreel va le Saul kple Yonatan ŋuti; tete enyila tsɔe kpa hesii, eye esi wòle kplakplakpla dzi le sisim la, ege, eye wòtu; eŋkɔ nye Mefiboset.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Fia Saul ƒe tɔgbuiyɔvi aɖe si nye ŋutsuvi tekunɔ aɖe la li; fofoae nye Yonatan eye eŋkɔe nye Mefiboset. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan le aʋa me le Yezreel. Esi wose aʋa la me nyawo la, nyɔnu si nɔ ɖevi la dzi kpɔm la si kple ɖevi la yina. Ke ɖevi la ge dze anyi eye to esia me la ɖevia zu tekunɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 4:4
10 Mawu Ofanana  

Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


Ke Mefiboset nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia ƒe agba nu; eye eƒe atawo kple eve tu.


Fia la bia bena: Ɖe amea ɖeke megale Saul ƒe me, ne mave enu abe Mawu ene oa? Ziba ɖo ŋu na fia la bena: Yonatan viŋutsu ɖeka li, amesi ƒe ata tu.


Eye esi Saul vi Yonatan ƒe vi Mefiboset va Dawid gbɔ la, etsyɔ mo anyi, eye wobɔbɔ. Tete Dawid gblɔ bena: Mefiboset! Etɔ bena: Wò dɔla enye si.


Hadad si yi Egipte, eye Edom-ŋutsu, siwo tso fofoa ƒe dɔlawo dome, kpe ɖe eŋu. Ke Hadad ganye ɖevi dzaa.


Yonatan vi enye Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa.


Yonatan ƒe vi nye Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa.


Eye Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe vudo la gbɔ le Yezreel.


Tete Dawid kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ le ŋdi hegbugbɔ yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi; ke Filistitɔwo ho yi Yezreel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa