Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye ŋutsu eve, siwo nye adzohawo kplɔlawo, le Saul vi la si; ɖeka ŋkɔ nye Baana, eye evelia ŋkɔ nye Rexab, amesiwo nye Beerottɔ Rimon viwo tso Benyamin-viwo dome, elabena wobua Beerot hã kpe ɖe Benyamin ŋu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Azɔ la, ŋutsu eve nɔ Saul ƒe viŋutsu si eye wonye adzohawo nunɔlawo. Ɖeka ŋkɔe nye Baana eye evelia ŋkɔe nye Rekab. Wonye Rimon, Beerot tɔ, ame si tso Banyamin to la me la ƒe viwo. Wobua Beerot abe Benyamin ƒe akpa aɖe ene

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 4:2
9 Mawu Ofanana  

Amonitɔ Zelek, Beerotitɔ Naxarai, amesi nye Zeruya vi Yoab ƒe adekplɔvi,


Eye kpɔ ɖa, Dawid ƒe dɔlawo kple Yoab gbɔ tso adzoʋa, eye wohe aboyonu geɖe gbɔe; ke Abner megale Dawid gbã le Xebron o, elabena eɖoe ɖa wòyi le ŋutifafa me.


Azã Beerottɔ Rimon viwo, Rexab kple Baana, tso yi, eye wova Is-Boset ƒe me le ŋdɔkutsu, esime wòle ŋdɔlɔ̃ dɔm.


Tete Dawid ɖo ŋu na Rexab kple nɔvia Baana, amesiwo nye Beerottɔ Rimon viwo, gblɔ na wo bena: Meta Yehowa, si ɖe nye agbe tso hiãwo katã me la, ƒe agbe:


Eye Aramtɔwo ƒe adzohawo ho, eye woɖe aboyo nyɔnuvi suea ɖe tso Israel-nyigba dzi, eye wònɔ Naeman srɔ̃ gbɔ.


Tete wòwɔ amedzro gãa de na wo, woɖu nu no nu, eye wòdo mɔ wo woyi woƒe aƒetɔ gbɔ. Eye Aramtɔwo ƒe adzohawo megava Israel-nyigba dzi kpɔ o.


Gibeon, Rama, Beerot,


Mizpe, Kefira, Moza.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa