Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete Dawid de se na ɖekakpuiawo, eye wowu wo helã woƒe asiwò kple afɔwo ɖaku ɖe ta to le Xebron; ke wotso Is-Boset ƒe ta ɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ale David ɖe gbe na eƒe ɖekakpuiwo eye wowu wo, wolã woƒe asiwo kple afɔwo eye wotsi woƒe kukuawo ɖe Hebron ta la to. Woɖi Is Boset ƒe ta ɖe Abner ƒe yɔdo me le Hebron.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 4:12
8 Mawu Ofanana  

Eye Dawid yɔ ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Te va, ne nada nui aƒu anyi! Eye wòda nui woku.


Yehowa gbugbɔ Saul, amesi teƒe nèzu fia ɖo la, ƒe aƒe ƒe ʋu katã va dziwò, eye Yehowa tsɔ fiaɖuƒe la de asi na viwò Absalom; kpɔ ɖa, azɔ ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me, elabena hlɔme nènye!


Ke Saul ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kplɔ Saul vi Is-Boset yi Maxanayim,


eye wotsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye wohe wo ɖe ati ŋu le to la dzi le Yehowa ŋku me, eye wo ame adre la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esime wodze luŋeŋe gɔme.


Eye woɖi Abner ɖe Xebron; fia la fa avi kple ɣli le Abner ƒe yɔdo to, eye ameha blibo la hã fa avi.


Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.


Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa