Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 3:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 3:31
12 Mawu Ofanana  

Esi Ruben gatrɔ va doa to la, megakpɔ Yosef le do la me o Tete wòdze eƒe awu,


Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo.


Tete Dawid kple ŋutsu, siwo katã le eŋu la, dze woƒe awuwo.


kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.


Tete eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, míese bena, Israel ƒe aƒe la ƒe fiawo la, fia veamenuwo wonye, eyata na míasa akpanya ɖe ali, eye míasa ka ɖe ta ahayi Israel-fia gbɔ; ɖewohĩ ana natsi agbe.


Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.


Esime fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe aƒe la me.


Eye wòdo Elyakim, amesi le aƒea nu, kple Sebna, agbalẽŋlɔla, kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo, amesiwo ta akpanya la, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi gbɔ,


Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa