Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 3:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Neva Yoab ƒe ta kple fofoa ƒe aƒe blibo la dzi, eye afuɖɔla kple anyidzela, amesi tɔna ɖe ati ŋu kple amesi tsia yi nu kpakple amesi abolokoe wona, nu matso le Yoab ƒe me o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 3:29
18 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.


Yehowa gbugbɔ Saul, amesi teƒe nèzu fia ɖo la, ƒe aƒe ƒe ʋu katã va dziwò, eye Yehowa tsɔ fiaɖuƒe la de asi na viwò Absalom; kpɔ ɖa, azɔ ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me, elabena hlɔme nènye!


Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.


Naeman enye Aram-fia ƒe aʋafia, exɔ ŋkɔ le eƒe aƒetɔ gbɔ, eye bubu le eŋu, elabena eya dzi Yehowa to na dziɖuɖu Aram; enye kalẽtɔ, gake edze anyi.


Eyata Naeman ƒe anyi la ade ɖe mia kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee! Tete wodzo le eŋku me, eye anyi ƒo ɖe eŋu fu kpii.


Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.


emegbe wògafɔ do go le tɔtɔm ɖe ati ŋu la, ekema amesi ƒoe la, megaɖi fɔ o, negbe eƒe afiɖekanɔfewo kple dɔyɔfewo ko wòaxe.


Miƒo nu kple Israel-viwo, eye miagblɔ na wo bena: Ne ŋutsua ɖe le afu ɖɔm la, ekema eŋu mekɔ o.


Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.


Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o.


Eye du, si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ la me ame tsitsiwo katã naklɔ asi ɖe nyinɔ, si nu wòŋe kɔ le, le baba me la dzi


elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


bena ne nu vlo, si wowɔ ɖe Yerub-Baal vi blaadreawo ŋu, kple woƒe ʋu nava wo nɔvi Abimelex, si wu wo, kple Sixemtɔwo, amesiwo de dzi ƒo nɛ wòwu nɔviawo la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa