Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 3:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Emegbe, esi David se nu tso nu sia ŋu la, egblɔ be “Nye kple nye fiaɖuƒe la, míeɖi fɔ le Ner ƒe vi, Abner ƒe ʋu ŋuti le Yehowa ŋkume o yi ɖe mavɔ me.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 3:28
10 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese!


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.


Yehowa gbugbɔ Saul, amesi teƒe nèzu fia ɖo la, ƒe aƒe ƒe ʋu katã va dziwò, eye Yehowa tsɔ fiaɖuƒe la de asi na viwò Absalom; kpɔ ɖa, azɔ ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me, elabena hlɔme nènye!


Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.


Neva Yoab ƒe ta kple fofoa ƒe aƒe blibo la dzi, eye afuɖɔla kple anyidzela, amesi tɔna ɖe ati ŋu kple amesi tsia yi nu kpakple amesi abolokoe wona, nu matso le Yoab ƒe me o!


Ne amea ɖe ƒo ame woku la, ekema woawu eya hã.


Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.


Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa