Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 3:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 3:27
16 Mawu Ofanana  

Eye Absalom gblɔ bena: Ne mèlɔ̃ o la, ekema na nɔvinye Amnon nayi kpli mi dzro! Fia la ɖo ŋu nɛ bena: Nukata wòayi kpli wòa?


Nɔvinyewo míenye, nye ƒu kple nye ŋutilã míenye; nukaŋuti miehe, yewoanye ame mlɔetɔ, siwo ava kplɔ fia la?


Tete Yoab do le Dawid gbɔ hedɔ ame ɖo ɖe Abner yome, eye wotrɔe tso Sira-vudo la gbɔ gbee, ke Dawid menyae o.


Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.


Esi Saul vi se bena, Abner ku le Xebron la, eƒe asiwò gbɔdzɔ, eye dzidzi ƒo Israel blibo la.


Yehowa agbugbɔ eƒe nu ava eƒe ta dzi, elabena eda nu ŋutsu eve, siwo nye ame dzɔdzɔewo, eye wonyo wui, amesiwo nye Israel ƒe aʋafia Abner, Ner vi, kple Yuda ƒe aʋafia Amasa, Yeter vi, eye wowu wo kple yi fofonye Dawid ƒe manyamanyae.


Enya nusi Yoab, Zeruya vi la wɔm, nusi wòwɔ Israel ƒe aʋafia eveawo Abner, Ner vi, kple Amasa, Yeter vi la, amesiwo wowu, eye wòbia hlɔ̃ ɖe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le aʋa me la nu le ŋutifafaɣi, eye wòna aʋaʋu ƒo eƒe alidziblanu, si le eƒe ali, kple afɔkpa, si le eƒe afɔ.


Manase-to afã, si le Gilead la tɔ enye Ido, Zaxarya vi; Benyamin-viwo tɔ enye Yaasiel, Abner vi;


Ne fuléle ɣla ɖe beble me ha la, aɖi go le dutoƒo.


Tete Ismael, Netanya vi, kple ŋutsu ewo, siwo kpe ɖe eŋu la, wotso, heda yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi la, eye wowu eya, amesi Babel-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.


Hlɔ̃tɔ kpɔ mɔ be, wòawu hlɔ̃dola, eye ne edo goe la, ekpɔ mɔ awui.


Ne ele fui tutui ƒu anyi, alo bua xlã nu ɖee wòku,


Amesi wu nɔvia le adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa