Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 3:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete Yoab va fia la gbɔ gblɔ bena: Nuka nye esi nèwu? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò; nukaŋuti nèɖoe ɖa wodzo?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 3:24
8 Mawu Ofanana  

Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã?


Esi Yoab kple aʋakɔ blibo, si le eŋu, gbã la, wogblɔ na Yoab bena: Abner, Ner vi, va fia la gbã, eye wòɖoe ɖa wòyi le ŋutifafa me.


Mènya Abner, Ner vi la oa? Elabena nuwò ble ge wòva, ne wòanya wò dodo kple wò gbɔgbɔ kpakple nusiwo katã nèwɔna.


Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!


Tete Abner do dɔmedzoe le Is-Boset ƒe nyawo ta gblɔ bena: Avũ ta menye tso Yuda? Meve fofowò ƒe aƒe kple nɔviawo kpakple xɔlɔ̃awo nu egbea, eye nyemetsɔ wò de asi na Dawid o; eye wòa nèle nya hem de ŋunye le nyɔnu ta fifia?


Tete Balak gblɔ na Bileam bena: Nuka nye esia nèwɔ ɖe ŋunye? Meyɔ wo vɛ, be naƒo fi ade nye futɔwo nam loo, ɖeko nètsɔ wo yra!


Pilato ɖo ŋu bena: Nye la Yudatɔ menye mahã? Wò ŋutɔ wò dukɔ la kple nunɔlagãwoe tsɔ wò de asi nam, nuka newɔa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa