Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:25
16 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.


Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Eye woɖi Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Zela le Benyamin-nyigba dzi ɖe fofoa Kis ƒe yɔdo me, eye wowɔ nusiwo katã ŋu fia la ɖe se le la. Esia megbe Mawu gase gbe, si wodo ɖa ɖe anyigba la ta.


Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋutɔ! Na miadze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve sɔ gbɔ, ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o!


Esi fia Dawid ku amegã xɔ ƒe geɖe la, wotsyɔa avɔwo ne, gake dzo meɖoa eƒe lã me o.


Mana nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò, be nye ŋuʋaʋã nadzo le ŋuwò, eye magbɔ ɖe eme, nyemagado dɔmedzoe azɔ o.


Eye esi wotsi tre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome la, dɔvɔ̃ la nu tso.


Eye dukɔ la fɔ ŋdi kanya le ŋkeke eveagbe heɖi vɔsamlekpui, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ.


Eye Gideon ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wòna ŋkɔe bena: Yehowae nye ŋutifafa. Ele Abiesritɔwo ƒe Ofra vaseɖe egbe.


Eye Saul gblɔ bena: Mihe numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ! Eye wosa numevɔ.


Eye Saul ɖi vɔsamlekpui na Yehowa; esia nye vɔsamlekpui gbãtɔ, si wòɖi na Yehowa.


Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Eye Samuel lé alẽvi, si gale no nom, hesa numevɔe, eye wòtɔ dzoe blibo na Yehowa; eye Samuel ɖe kuku na Yehowa ɖe Israel ta, eye Yehowa ɖo toe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa