Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete fia la gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab bena: Yi ɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan vaseɖe Beer-Seba eye naxlẽ dukɔ la, ne manya dukɔ la ƒe xexlẽme!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:2
16 Mawu Ofanana  

Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.


Ke nye aɖaŋu enye si: Na Israel blibo la nakpe la ɖe ŋuwò tso Dan vaseɖe Beer-Seba, abe alesi ƒutake sɔ gbɔe ene, eye wò ŋutɔ naho kpli wo!


Eye Zeruya vi Yoab kple Dawid ƒe dɔlawo hã ho, eye wova ƒo go wo nɔewo le Gibeon-tato; woawo le ta la ƒe go si me, eye ame meawo le ta la ƒe go keme.


Yoab le Israel ƒe aʋakɔ blibo la nu, eye Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu;


Amonitɔ Zelek, Beerotitɔ Naxarai, amesi nye Zeruya vi Yoab ƒe adekplɔvi,


Eye Yehowa na dɔvɔ̃ ɖo Israel dome tso ŋdi vaseɖe ɣeyiɣi, si woɖo la dzi; eye ame akpe blaadre ku le dukɔ la dome tso Dan vaseɖe Beer-Seba.


yeaxɔ fiaduƒe la le Saul ƒe aƒe si, eye yeana Dawid ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel kple Yuda dzi tso Dan vaseɖe Beer-Seba o fi!


Yoab, Zeruya vi, le aʋakɔ la nu, eye Yosafat, Axilud vi, nye fia ƒe tsiami;


Tete Dawid gblɔ na Yoab kple aʋakɔ la ƒe tatɔwo bena: Miyi ɖaxlẽ Israel tso Beer-Seba vaseɖe Dan vɛ nam, ne mianya woƒe xexlẽme.


Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe!


hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.


Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa