19 Tete Dawid yi le Gad ƒe nya la nu, abe alesi Yehowa de se ene.
19 David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ.
Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.
Eye Gad va Dawid gbɔ gbemagbe gblɔ ne bena: Yi nadaɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe!
Esi Arawna fɔ kɔ te la, ekpɔ fia la kple eƒe dɔlawo gbɔna ɖe egbɔ; tete Arawna yi hebɔbɔ, eye wòde ta agu na fía la.
Tete Dawid yi le Gad ƒe nya, si wògblɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi la nu.
Eye wòfɔ ŋdi kanya heho ɖo ta Tekoa-gbedzi. Esi woho la, Yosafat tsi tre ɖi gblɔ bena: Miɖo tom, mi Yuda kple Yerusalemtɔwo! Ne miexɔ Yehowa, mia Mawu dzi se la, ekema mianɔ te, eye ne miexɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se la, ekema adze edzi na mi!
Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.
Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.
Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.