Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:17
23 Mawu Ofanana  

Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã?


Eyata meɖe kuku na wò, wò dɔla nazu kluvi na nye aƒetɔ ɖe ɖevi la teƒe, ne ɖevia nayi aƒe kple nɔviawo.


Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ.


Azɔ ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Gbe, si Yehowa Zebaot do enye si: Mekplɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel nu!


Egblɔ bena: Mekpɔ Israel blibo la wòka hlẽ ɖe towo dzi abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene. Eye Yehowa gblɔ be: Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me le ŋutifafa me.


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Ne mewɔ nuvɔ̃ la, nuka wonye mewɔ wò, wò amegbetɔwo ŋn dzɔla? Nukaŋuti nètsɔm ɖo nu dzidzea na ɖokuiwò, be metrɔ zu agba na ɖokuinye?


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Ena míede megbe le míaƒe futɔwo nu, eye míaƒe ketɔwo ha nu.


Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu?


eɖee le alẽ vinɔwo yome, ne wòakplɔ ele dukɔ Yakob kple eƒe domenyinu Israel.


Tete Farao na woyɔ Mose kple Aron ve kaba eye wògblɔ bena: Meda vo ɖe Yehowa, mia Mawu la, kple mia ŋuti.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Eɖo ŋu na wo be: Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa