Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Yehowa na dɔvɔ̃ ɖo Israel dome tso ŋdi vaseɖe ɣeyiɣi, si woɖo la dzi; eye ame akpe blaadre ku le dukɔ la dome tso Dan vaseɖe Beer-Seba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:15
11 Mawu Ofanana  

Tete fia la gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab bena: Yi ɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan vaseɖe Beer-Seba eye naxlẽ dukɔ la, ne manya dukɔ la ƒe xexlẽme!


Tete Yehowa na dɔvɔ̃ va Israel, eye ame akpe blaadre ku le Israel.


Yoab, Zeruya vi, de asi wo xexlẽ me, ke mewu enu o, elabena eyatae dɔmedzoe va Israel dzi ɖo; eya ŋuti womede xexlẽme la fia Dawid ŋutinya me o.


Axoxitɔ Dodai le dzinu evelia ƒe ha nu, eye amegã Miklot le eƒe ha la me; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.


Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.


Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom! Yehowa, gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia Ie ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!


Amesiwo dɔvɔ̃a wu la, le ame akpe blave vɔ ene.


Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa