Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete Gad va Dawid gbɔ, eye wòto nya la nɛ gblɔ bena: Dɔwuame neva wò anyigba dzi ƒe adre loo, alo asi le wò futɔwo nu, eye woaɖe wò ɖe nu dzinu etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ neva wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a? Azɔ bu eŋu, ne nakpɔ nyaa ɖe maɖagblɔ na amesi dɔm ɖa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.”

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:13
20 Mawu Ofanana  

Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Yi nagblɔ na Dawid bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Nu etɔ metsɔ le ŋkuwò me ɖom, fia wo dometɔ ɖeka, ne mawɔ wò!


Eye Elisa ƒo nu kple nyɔnu, si ƒe vi wògbɔ agbee la, gblɔ bena: Mia kple aƒewòmetɔwo mitso, ne miaɖanye amedzro le afisiafi, si ke miekpɔ; elabena Yehowa le dɔwuame he ge vɛ ƒe adre, eye ele anyigba dzi xoxo.


dɔwuame ƒe etɔ̃ loo, alo nasi le wò ketɔwo nu dzinu etɔ̃, eye wò futɔwo ƒe yi naɖe wò ɖe nu loo, alo Yehowa ƒe yi kple dɔvɔ̃ nanɔ anyigba dzi ŋkeke etɔ̃, eye Yehowa ƒe dɔla nawu ame le Israel-nyigba blibo la dzia? Azɔ bu eŋu, alesi maɖaɖo eŋu na amesi dom ɖa!


ɖɔvɔ̃, si le zɔzɔm le blukɔ me, kple dɔ xɔleameŋua, si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.


Esi Yehowa gblẽ Nil me tsia la, etsi nenema ŋkeke adre sɔŋ.


Amevi, ne anyigbae ete wo nuvɔ̃ ele ŋunye hetrɔ ʋu le yonyeme, eye medo nye asi ɖa ɖe eŋu heŋe abolo ƒe ziɔdeŋu, eye meɖo dɔwuame ɖe afima, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi,


Yakatsyɔ miawo do, ŋusẽ nava le mia ŋu, elabena anyigba mawɔ nu o, eye agblemetiwo matse ku o.


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Ke nyateƒe gblɔm mele na mi bena: Ahosi geɖewo le Israel le Eliya ƒe ŋkekewo me, esime wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade, eye dɔwuame gãa ɖe va anyigba la katã dzi;


Yehowa akplɔ kpetri, kpokpo, asrã kple ŋuɖuɖui kpakple kuɖiɖi aƒu wò, wò bli adze heteku, eye wò nukuwo ahlɔ̃; woanɔ ŋuwò vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ.


Yehowa ana wò futɔwo nasi wò, mɔ ɖeka dzi nato aho aʋa ɖe wo ŋu, ke mɔ adre dzi nato asi le wo nu, ale bena natrɔ zu bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Yehowa akplɔ Egiptetɔwo ƒe zubo, ƒoƒoe, anyi kple akpa aƒu wò, eye mahaya akpɔ o.


Yehowa ana nuƒoƒo vɔ̃ɖia ɖe naƒo klo kple sobo na wò, tso afɔƒome vaseɖe ta me, eye màhaya akpɔ o.


Woaxaxa wò ɖo ɖe wò duwo katã me, vaseɖe esime wò gli kɔkɔ sesẽ, siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la, namũ adze anyi le wò anyigba blibo la dzi. Woaxaxa wò ɖo ɖe wò ɖu, siwo katã Yehowa, wò Mawu, na wò la me.


Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa