Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Elifelet, Maaxati vi Ahasbai ƒe vi, Edom, Gilonitɔ, Axitofel ƒe vi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka; Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:34
10 Mawu Ofanana  

Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Tete Amon-viwo ho va dze aʋa ɖe agbo la nu, eve Aramtɔwo tso Zoba kple Rexob kple Istobtɔwo kple Maaxatɔwo le aʋagbe dzi la wo tɔ wo tɔe.


Tete Dawid do woyi ɖabia nyɔnu la gome se, eye wogblɔ bena: Eya nye Eliam ƒe vinyɔnu Bat-Seba, Uriya, Xititɔ la srɔ̃!


Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.


Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Ke eya tsa to Israel-toawo katã me vaseɖe Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu hedze eyome.


Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee.


Tete Dawid xɔ edzi gblɔ na Xititɔ Aximelex kple Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi bena: Amekae ayi Saul gbɔ le asaɖa me kplim? Abisai ɖo ŋu bena: Mayi kpli wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa