Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wowu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:20
19 Mawu Ofanana  

Saul kple Yonatan, amesiwo wolɔ̃na le woƒe agbe me, eye tsi metoa wo dome o, wo dome memã le ku me hã o; woɖe abla wu hɔ̃, eye wosesẽ wu dzata.


Yoab le Israel ƒe aʋakɔ blibo la nu, eye Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu;


Wode bubu eŋu le ame blaetɔ̃awo dome, eye eya nye woƒe amegã; gake mede ame etɔawo nu o.


Eya wu Egipte-ŋutsu kakoa ɖe; akplɔ le Egiptetɔ la si, gake eyi egbɔ kple atizɔti, eye wòxɔ akplɔ la le Egiptetɔ la si hetsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ wui.


Nusia Benaya, Yehoyada vi la wɔ, eye wòxɔ ŋkɔ le kalẽtɔ blaetɔ̃awo dome.


Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu, eye Dawid viŋutsuwo nye aɖaŋuɖolawo.


Ke mekpe nye, wò dɔla, kple nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi, kpakple wò dɔla Salomo o.


Tete nunɔla Zadok, nyagblɔɖila Natan kple Benaya, Yehoyada vi, kpakple Kretitɔwo kple Pletitɔwo woyi, eye wona Salomo do fia Dawid ƒe tedzisɔ, eye wokplɔe yi Gixon.


Ke nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi, nyagblɔɖila Natan. Simei kple Rei kpakple Dawid ƒe kalẽtɔwo mele Adoniya ƒe nya me o.


Tete fia la de se na Benaya, Yehoyada vi la, wòɖada nui ƒu anyi woku.


Amesiwo ɖe wo ɖokui le Gad-viwo dome va Dawid gbɔ le mɔ̃ me le gbe dzi la, wonye ŋutsu kalẽtɔwo kple aʋamewo, amesiwo kplaa akpoxɔnu kple akplɔ, woƒe mo le abe dzata ƒe mo ene, eye woɖea abla le towo dzi abe ziwo ene:


Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo nu, eye Dawid viŋutsuwo nye ame gbãtɔwo le fia ŋu.


Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo.


Du, siwo tso Yuda-viwo ƒe to la ƒe mlɔenu vaseɖe Edom ƒe liƒo ŋu le dziehe, wonye: Kabzel, Eder, Yagur,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa