Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Wode bubu eŋu le ame blaetɔ̃awo dome, eye eya nye woƒe amegã; gake mede ame etɔawo nu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:19
9 Mawu Ofanana  

Eye amegã blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ tso yi Dawid gbɔ le Adulam-do la me le nuŋeŋɔli. Esime Filistitɔwo ƒe adzohawo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me la,


Tete kalẽtɔ etɔ̃awo yi ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsi le vudo, si le agboa me le Betlexem la me hetsɔ ve na Dawid; ke egbe be, yemanoe o, eye wòtsɔe ƒo ɖe anyi na Yehowa.


Abisai, Zeruya vi, Yoab nɔvi, enye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ; eya da eƒe akplɔ to ame tsiaʋa alafa etɔ̃awo dzi, eye wòxɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome.


Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wowu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.


Eyometɔ nye Eleazar, Axoxi vi, Dodo ƒe vi, amesi le kalẽtɔ etɔ̃awo dome le Dawid gbɔ. Esi woɖu fewu le Filistitɔwo ŋu, eye woƒo ƒu ho aʋa va afima, eye Israel-ŋutsuwo ho yi la,


Wode bubu eŋu le kalẽtɔ blaetɔ̃awo dome, ke ɖeko mede ame etɔ̃awo nu o, eye Dawid tsɔe ɖo eƒe fia ŋu asrafowo nu.


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.


Ye ƒe ŋutikɔkɔe le vovo, eye ɣleti ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo, eye ɣletiviwo ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo; elabena vovo le ɣletivi kple ɣletivi dome le ŋutikɔkɔe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa